John 13:21-30

Yesu gblɔ nya ɖi tso eyomemɔfiala ŋu

(Mateo 26:20-25; Marko 14:17-21; Luka 22:21-23)

21Azɔ Yesu gblɔ kple vevesese gã aɖe be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖekae adem asi.” 22Nya siawo na be nusrɔ̃la ɖe sia ɖe trɔ kpɔ nɔvia ƒe ŋkume. Wonɔ ame si wòwɔnɛ la dim be yewoanya.

23Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu. 24Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Biae, mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe.”

25Nusrɔ̃la la gaziɔ ɖe Yesu ŋu eye wòbiae be, “Aƒetɔ, ame kae?”

26Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simon vi, Yuda Iskariot.

27Esi Yuda ɖu aboloa vɔ ko la, Satana ge ɖe eme. Yesu gblɔ nɛ be, “Ɖe abla nàyi aɖawɔ nu si nèɖo la.”

28Ke nusrɔ̃la mamlɛawo mese nya si gblɔm Yesu nɔ la gɔme o. 29Woawo ya bu be esi wònye Yudae nye yewo ƒe gadzikpɔla tae Yesu le edɔm be wòayi aɖaxe fe ɖe nu si ɖum yewole la ta loo alo wòayi aɖana ga ame dahewo. 30Yuda hã dzo le xɔa me enumake hege ɖe viviti la me.

Copyright information for EweBEE